Genesis 3
1 Da la dze aɖaŋu wu gbemelã siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Edze aɖaŋu wu wo katã. Egblɔ na nyɔnu la be, "Mawu gblɔ nyateƒe be migaɖu ati aɖeke tsetse le abɔa me oa?"
5 "Mawu nya be ne miɖui la, miaƒe ŋkuwo aʋu. Miazu abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃."
6 Nyɔnu la nɔ ati la kpɔm tẽe. Eƒe tsetsewo dze nuɖuɖu. Edze kɔkɔ hã. Eye ana wòadze aɖaŋu! Edo asi ɖa. Egbe tsetsea. Eɖu. Eye wòtsɔ ɖe na srɔ̃a hã si le egbɔ. Eya hã ɖui.
7 Wo ame evea ƒe ŋkuwo ʋu. Wokpɔ wo ɖokuiwo. Amama! Wotso gbotio aŋgbawo, lɔ wo kpe, eye wotsɔ tsyɔ wo ɖokuiwo dzi.
8 Le fiẽsi ma la, ya fafɛ aɖe nɔ ƒoƒom le abɔa me. Wose Yehowa Mawu ƒe afɔɖiɖi. Ŋutsu la kple srɔ̃a ɣla wo ɖokuiwo ɖe atiwo dome.