Genesis 4

1 Adam dɔ kple srɔ̃a Xawa. Efɔ fu eye wòdzi Kain. Egblɔ be, "Kple Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, mezi ŋutsu!"

2 Emegbe edzi Habel. Habel zu lãkplɔla. Kain zu agbledela.

3 Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kain tsɔ eƒe agblemenuku aɖewo vɛ abe nunana ene na Yehowa.

6 Yehowa gblɔ na Kain be, "Nu ka tae nède dɔmedzoe? Nu ka tae wò mo trɔ?"

8 Kain gblɔ na nɔvia Habel be, "Mina míayi agble me." Esi wo ame evea koe nɔ anyi la, Kain dze Habel dzi. Ewu i.