Genesis 2
7 Yehowa Mawu ku kɔ tso anyigba. Emè amegbetɔ. Ete ɖe eŋu eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe ŋɔti me nɛ. Ame la ƒe akɔta fɔ. Eva zu gbagbea!
8 Yehowa Mawu de abɔ aɖe ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, le Eden. Etsɔ ŋutsu la de afi ma.
9 Yehowa Mawu na atiwo mi tso anyigba me. Ati dzeaniwo. Ati siwo tseku nyuiwo. Le abɔ la titina la, ati eve le tsitre, agbeti la kple nyui kple vɔ̃ dzesiati la.
16 Yehowa Mawu de se ɖeka na ŋutsu la. "Àte ŋu aɖu ati ɖesiaɖe si le abɔ la me tsetse. Ati ɖesiaɖe si nedi."
18 Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ŋutsu la nanɔ eɖeka o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ pɛpɛpɛ."