Genesis 46

1 Israel tsɔ eƒe nuwo katã dze mɔ. Eɖo Beer-Seba. Afi ma ewu lãwo tsɔ sa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu la.

5 Yakob dzo le Beer-Seba. Viawo tsɔe do ɖe tasiaɖam siwo Farao dɔ ɖa la me. Wokplɔ wo viwo kple wo srɔ̃wo hã de eme.

28 Yakob dɔ Yuda ɖe ŋgɔ be wòadi Yosef. Yuda afia mɔ wo ayi Gosen. Emegbe ƒomea katã ɖo Gosen.

29 Yosef dzra eƒe tasiaɖam ɖo. Edu du yi be yeakpe fofoa Israel le Gosen! Esi wòkpɔe ko la, Yosef kpla asi kɔ na fofoa. Efa avi, fa avi ɣeyiɣi didi aɖe.

31 Yosef gblɔ na nɔviawo kple ame siwo katã le fofoa ƒe aƒe me be, "Mayi akpɔ Farao. Magblɔ nɛ be mietso Kanaan va gbɔnye."