Genesis 33
1 Yakob wu ŋku dzi. Esau le mɔ dzi gbɔna egbɔ. Ŋutsu alafa ene le e megbe! Yakob tsɔ ɖeviawo na Lea, Raxel, kple dɔla nyɔnu eveawo.
3 Yakob zɔ dze ŋgɔ. Ezɔ yi nɔvia gbɔ. Edze klo hetsɔ mo ƒo anyi zi adre hafi va ɖo Esau gbɔ.
4 Esau ƒu du! Ekpla asi kɔ na Yakob, eye wòkpla atuu nɛ vevie. Egbugbɔ ta nɛ le kɔ nu zi geɖe. Wo ame evea wofa avi.
17 Yakob yi Sukot. Etu xɔ, eye wòtu dɔwɔƒe suewo na eƒe lãwo. Eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot. Egɔmee nye agbadɔ suewo.
18 Mlɔeba Yakob va ɖo du si nye Sikem me le Kanaan. Etso Padan Aram ke va ɖo. Eƒo eƒe agbadɔ ɖe du la godo.