Genesis 22
1 Le esiawo katã megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Mawu yɔe be, "Abraham!" Abraham ɖo eŋu be, "Meli."
4 Esi wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ la, Abraham fɔ mo dzi. Ekpɔ to la le adzɔge.
9 Woɖo teƒe si ŋu Mawu ƒo nu tsoe nɛ la. Abraham tsɔ kpewo kpa vɔsamlekpui. Etsɔ nakeawo kpe ɖe edzi. Eƒe asiwo le dzodzom esi wònɔ Isak blam. Etsɔ via dze vɔsamlekpuia dzi ɖe nakeawo tame.
11 "Abraham! Abraham!" Gbe aɖe ɖi tso dziƒo. Yehowa ƒe dɔlae. Abraham tsi anyi. "Meli."
13 Abraham fɔ mo dzi kpɔ. Agbo aɖe ye! Eƒe dzowo ku ɖe ŋuve aɖe me. Abraham te ɖe eŋu, lé agboa, eye wòtsɔe sa vɔe na Mawu. Lã la ku ɖe via teƒe.